John 11:45-53

Woɖo nugbe be woawu Yesu

(Mateo 26:1-5; Marko 14:1-2; Luka 22:1-2)

45Yudatɔwo ƒe dumemegã siwo va be yewoakpɔ Maria ɖa eye wokpɔ nukunu sia teƒe la xɔ Yesu dzi se mlɔeba. 46Ke wo dometɔ bubu aɖewo hã tso yi Farisitɔwo gbɔ eye wogblɔ nya siwo katã va dzɔ la na wo.

47Esi Osɔfogãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ takpekpe enumake be yewoadzro nya la me. Wobia wo nɔewo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? 48Enye nyateƒe be ŋutsu sia wɔa nukunuwo. Ne míena mɔe alea la, dukɔ la katã ava dze eyome. Ne esia va eme la, Roma ʋakɔ la ava dze mia dzi, awu mi eye woaxɔ dziɖuɖua le mi Yudatɔwo si.”

49Wo dometɔ ɖeka si nye Kayafa, ame si nye Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me la tsi tre gblɔ be. 50“Miekpɔe dze sii be enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta wu be dukɔa katã natsrɔ̃ oa?”

51Abe Osɔfo gãtɔ le ƒe ma me ene la egblɔ nya ɖi be Yesu aku ɖe dukɔ la ta, ke megblɔ esia le eya ŋutɔ ɖokui si o. 52Menye ɖe Israel dukɔa ɖeɖe ko ta o ke boŋ ɖe Mawu vi siwo kaka ɖe xexeame katã la be woaƒo wo katã nu ƒu ɖekae. 53Le esia ta tso ema dzi la Yudatɔwo ƒe dumemegãwo de asi ɖoɖowɔwɔ me ɖe Yesu wuwu ŋu.

Copyright information for EweBEE